Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 15:3 - Agbenya La

3 Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 15:3
20 Referans Kwoze  

Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!”


Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu.


Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa!


Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,


Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.”


Ewɔ aʋa kalẽtɔe, ɖu Amalekitɔwo dzi eye wòɖe Israel tso ame siwo katã ha wo la si me.


Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.


Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’


Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis.


David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si.


“Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’


Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite