Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 13:5 - Agbenya La

5 Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 13:5
21 Referans Kwoze  

Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe eye wowɔ aʋa la dze le Bet Aven ŋu.


Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi.


Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.


“Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!


Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene, eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene. Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”


Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi!


Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ.


Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi,


Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.


Ale wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi eye womegaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o elabena Yehowa tsi tsitre ɖe wo ŋu le Samuel ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me.


etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.


Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas.


Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome.


“Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la.


Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu!


Woge ɖe Ayat, woto Migron, eye wova gble woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.


Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite