Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:26 - Agbenya La

26 Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:26
11 Referans Kwoze  

Vinɔ la gblɔ be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemayi aƒe me o negbe ɖeko nàyi kplim hafi!” Ale Elisa tso hedze nyɔnu la yome.


Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi.


Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko.


Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.


Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”


Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”


Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”


Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam.


Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia.


Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.


Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite