Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 1:21 - Agbenya La

21 Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Elkana kple eƒemetɔwo katã yi, bena wòasa ƒevɔ, eye wòawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 1:21
7 Referans Kwoze  

Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas.


ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.


Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”


Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe.


Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite