9 “Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo
9 Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo
“Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo.
tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu.
Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”
Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la,
makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi,
Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be,
kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi.