Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 9:5 - Agbenya La

5 Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 9:5
26 Referans Kwoze  

“Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui.


Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.


Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.


“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.


Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo.


Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”


Ale Mawu he to na Abimelek le nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe fofoa ŋu, to fofoa ƒe vi blaadreawo wuwu me la ta.


Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.”


Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”


“ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã.


“ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã.


“ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la.


Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã.


Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku.


alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la.


“Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la,


eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui.


Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o.


Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã,


Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me.


Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite