Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 7:23 - Agbenya La

23 Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 7:23
21 Referans Kwoze  

ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe;


ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me.


To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.


To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta.


“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”


Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.


Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.


Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.


Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.


Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.


“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.


Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite