Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 7:16 - Agbenya La

16 Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 7:16
15 Referans Kwoze  

Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’


“Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.


ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia.


Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o, ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,


Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’


Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o.


Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me.


Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi.


Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la.


atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene.


Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite