Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 7:11 - Agbenya La

11 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 7:11
27 Referans Kwoze  

elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke.


Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!” Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.”


Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la,


Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.


Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?” Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.”


Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme.


Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me,


Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe.


Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.


“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.


Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ, teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o; teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.


Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.


To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta.


Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la.


Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina, ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba


“Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?


Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe eye lilikpowo dzaa zãmu.


Ame si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me; ame si dze agbagba do le ʋe globo la me la, kamɔ aɖee, elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu, eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu.


Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba.


Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo? Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite