Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 6:4 - Agbenya La

4 Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 6:4
8 Referans Kwoze  

Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”


(Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)


Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.


Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo.


Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”


Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite