Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 5:5 - Agbenya La

5 Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 5:5
21 Referans Kwoze  

Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku.


Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku.


Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.


Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’


nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ.


Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.


Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.


Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo.


Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o, alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela


Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.


Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o.


Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”


Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.


Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite