Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:9 - Agbenya La

9 Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yosef ɖo ŋu na fofoa bena: Woawo nye vi, siwo Mawu nam le afisia! Eye wògblɔ bena: Kplɔ wo va gbɔnyee, ne mayra wo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:9
18 Referans Kwoze  

Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.”


Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”


To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.


Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


(Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)


Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam.


Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.”


Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:


Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.


Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite