Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:12 - Agbenya La

12 Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Emegbe Yosef ɖe wo ɖa le eƒe ata dzi, eye wòdze klo de ta agu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:12
15 Referans Kwoze  

Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ.


Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.


Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ, nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,


Nyɔnu la va, dze klo ɖe eƒe afɔ nu eye wòde ta agu nɛ. Tete wòxɔ ɖevi la eye wòdo go.


Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.


“ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa!


“ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.


Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe.


Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.


Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre.


Abraham tsi tsitre, eye wòde ta agu na Hititɔwo hegblɔ be,


Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.”


Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite