Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:1 - Agbenya La

1 Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nusiawo megbe la wogblɔ na Yosef bena: Fofowò le dɔ lém. Tete wòkplɔ viaŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, ɖe asi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:1
12 Referans Kwoze  

Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”


Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.


Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu.


Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la.


Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ.


To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.


Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ,


Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.


elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo.


Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”


Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite