Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:2 - Agbenya La

2 Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete wògbã avi doo, ale bena Egiptetɔwo kple Farao-ƒemetɔwo hã see.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:2
10 Referans Kwoze  

Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi,


“Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.


Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe.


Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la.


Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe.


Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.


Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me.


Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.


Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume.


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite