Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 40:5 - Agbenya La

5 Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Gbe ɖeka ƒe zã Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola, siwo le gaxɔ me la, woku drɔ̃e wo tɔ wo tɔwoe, eye drɔ̃eawo gɔme le vovovo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 40:5
18 Referans Kwoze  

nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me.


Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi!


Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam.


Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam.


Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ.


Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.


Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”


Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.”


Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu.


Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi.


Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite