Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 4:5 - Agbenya La

5 gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 4:5
18 Referans Kwoze  

To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã.


Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.


Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.


Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela


Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’


Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”


ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam.


Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o.


Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”


Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ.


Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.


Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe.


ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?


Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie gblẽa eƒe agbe dome, evɔ eƒe dzi bina ɖe Yehowa ŋu.


Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite