Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 32:5 - Agbenya La

5 Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 32:5
13 Referans Kwoze  

Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”


Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”


Ɖe megblɔ kpɔ be, ‘Mina nane ɖe nunye, mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,


Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.” Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”


Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o.


Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”


Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”


Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo.


Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.”


Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu.


Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la,


Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite