Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 32:2 - Agbenya La

2 Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke Yakob hã dze eƒe ma dzi, eye mawudɔlawo va do goe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 32:2
17 Referans Kwoze  

Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae,


Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim,


Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”


Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be,


Mi eƒe dɔlawo katã mikafui, dziƒoʋakɔwo hã mikafui.


Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.


“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom.


Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava,


Trɔ va, trɔ va, O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va, be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe! Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋu abe ale si miewɔna ne wole Mahanaim ɣe ɖum la ene?


Mikafu Yehowa, mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã, mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.


Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.


Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;


Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon,


Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.


Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite