Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 30:8 - Agbenya La

8 Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Raxel gblɔ bena: Meʋli heƒo koko na Mawu le nɔvinye ta, meɖu dzi Eyata wòna ŋkɔe bena Naftali.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 30:8
12 Referans Kwoze  

ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.


“Naftali nye zinɔ si ɖea abla, eye wògblɔa nya viviwo la.


Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.


Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.”


Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”


Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem.


Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali.


“Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”


Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob.


Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe.


Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite