Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:8 - Agbenya La

8 Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:8
20 Referans Kwoze  

Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.


Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)


Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.”


Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ.


Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃ abe ale si amewo wɔna ene, be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,


Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,


Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.”


Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí.


Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!


Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’


Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.


Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.


Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo,


Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite