Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:7 - Agbenya La

7 Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena, yewole amama, eye wòtɔ amagbawo hesa ɖe ali.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:7
13 Referans Kwoze  

Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o. Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o. Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo, eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.


Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.


Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”


Aba la le kpuie akpã, màte ŋu adra ɖe edzi o. Abadzivɔ la mekeke woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.


Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!


Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu.


Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ.


Woaɖe amama wò, eye woaklo nu le wò ŋukpeƒe dzi. Mabia hlɔ̃, eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.”


“Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.


Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o.


Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite