Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 26:8 - Agbenya La

8 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 26:8
8 Referans Kwoze  

Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.


Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene. Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo, le nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me.


Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.


“Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm tso fesrenuvɔ la megbe edo ɣli be, ‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’


Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta.


Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ.


Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite