Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 26:34 - Agbenya La

34 Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ke esi Esau xɔ ƒe blane la, eɖe Xititɔ Beervii ƒe vinyɔnu Yudit kple Xititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basmat.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 26:34
11 Referans Kwoze  

Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple


Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me.


Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.


Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi.


Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu.


“Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o,


Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahiãwɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋudomenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o.


gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.


Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”


Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o.


David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite