Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:7 - Agbenya La

7 elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:7
39 Referans Kwoze  

Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.


Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi.


elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo.


Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.


Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ”


Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.


Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la.


To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.


Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã.


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi.


“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.


“Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”


Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”


‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o.


made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi.


‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’


Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me.


Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.”


Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.”


Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.”


Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,


Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda.


Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o,


Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.


Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.


Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.”


“Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o,


“Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome.


Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia?


Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi.


Mida akpe na Dziƒo Mawu la, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite