Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 23:9 - Agbenya La

9 be wòadzra eƒe kpeto Makpela si le eƒe anyigba ƒe seƒe lɔƒo la nam. Maxe ga home si dzi míalɔ̃ ɖo la katã nɛ, eye wòazu ameɖiƒe na ƒonyemetɔwo tegbee.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 be, wòatsɔ eƒe kpeto Maxpela, si le eƒe agble ƒe nuwuƒe la nam, eye maxe fe ɖe eta blibo, ne wòanye nye ameɖiƒe koŋ le mia dome.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 23:9
10 Referans Kwoze  

Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


“Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”


“Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam


Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be,


Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo.


Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,


Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me.


David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.”


Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite