Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 23:16 - Agbenya La

16 Abraham lɔ̃ ɖe klosalo kilogram atɔ̃ si Efrɔn bia le Hititɔwo dome la dzi, eye wòxee nɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 23:16
18 Referans Kwoze  

Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.


eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ.


Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene.


Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.


Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.


Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.


Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu.


Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.


Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa.


eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ,


“Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.”


eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.


Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,


Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me.


Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa.


Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me.


Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.” Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite