Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:6 - Agbenya La

6 Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Sara gblɔ bena: Mawu do nukokoe nam, eye amesiame, si asee la, ako nu le ŋutinye.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:6
17 Referans Kwoze  

“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.


Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”


Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”


Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ.


Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi,


Ekema àgblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae dzi ame siawo katã nam? Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko. Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye. Ame kae nyi ame siawo wotsi? Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’ ”


Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.


Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la.


To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.


Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.


“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!


Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya sia yi na fofonye be, “Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite