Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:3 - Agbenya La

3 Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Abraham yɔ ŋutsuvi, si Sara dzi nɛ la ƒe ŋkɔ bena Isak.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:3
11 Referans Kwoze  

Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.


Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.”


Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim.


togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã.


Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,


Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi.


Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.


Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.”


Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.


Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.”


Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale. Abraham ye dzi Isak.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite