Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 2:2 - Agbenya La

2 Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 2:2
11 Referans Kwoze  

Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia gbe la, Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.”


Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.”


ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene.


“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa.


Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.”


“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,


Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.


Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.


Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.


Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite