Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:16 - Agbenya La

16 Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:16
9 Referans Kwoze  

Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le.


vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.


Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.


Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu,


Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.


Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”


Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume.


Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite