Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 17:6 - Agbenya La

6 Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye mana nadzi ɖe dzi ŋutɔ, eye dukɔwo kple fiawo adzɔ tso mewo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 17:6
15 Referans Kwoze  

“Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.”


Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me.


Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”


Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo.


Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome.


Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.”


Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!


Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”


Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu.


Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!


eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram.


Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite