Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 16:8 - Agbenya La

8 Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wògblɔ nɛ bena; Hagar, Sarai ƒe kosi, afika nètso, eye afika néyina? Eɖo ŋu bena: Ɖe mesi le nye aƒenɔ Sarai gbɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 16:8
15 Referans Kwoze  

Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”


Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.


Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.


Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar.


Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ,


Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ. Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”


Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”


Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.


Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.


Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite