Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 16:5 - Agbenya La

5 Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Nu manyomanyo, si teƒe kpɔm mele la, etso gbɔwò. Nye ŋutɔ metsɔ nye kosi na wò; ke azɔ esi wòkpɔ bena, yefɔ fu ko la, eva kpɔ ye ge ɖe ƒomevii. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome!

Gade chapit la Kopi




1 Mose 16:5
12 Referans Kwoze  

Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu.


wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”


Nyɔ, tso nàʋli tanye! Wɔ avu ɖe nunye, nye Mawu kple nye Aƒetɔ.


na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.


Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”


O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.


Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.


Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’ ”


Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ” Yerusalemtɔwoe gblɔe.


Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite