Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 15:9 - Agbenya La

9 Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Lé nyinɔ, si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔnɔ, si xɔ ƒe etɔ, agbo, si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔne ve nam!

Gade chapit la Kopi




1 Mose 15:9
18 Referans Kwoze  

Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve.


Azɔ la, ana akpakpa eveawo alo ahɔnɛvi eveawo, wo dometɔ si wòate ŋui ko.


“Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ.


eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.


“ ‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ.


“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa.


“ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi.


Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti.


“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”


Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”


Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.”


“ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la.


“ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu.


Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi.


Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?”


Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o.


“ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu,


Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi, hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo, eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃ le míaƒe anyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite