Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 15:4 - Agbenya La

4 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 15:4
8 Referans Kwoze  

Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”


Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo.


Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.


eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma.


Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.


Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii.


David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ.


Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite