Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 11:4 - Agbenya La

4 Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!

Gade chapit la Kopi




1 Mose 11:4
17 Referans Kwoze  

Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”


Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?


Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.


“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo.


Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime


Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli.


Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.


wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.


Vavã, wò futɔwo, o Yehowa, atsrɔ̃ le nyateƒe me, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o.


Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me, woƒe dzideƒo lolo gbana.


Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe.


Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite