Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:9 - Agbenya La

9 Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ame sia enye adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wogblɔna bena: Adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me abe Nimrod ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:9
13 Referans Kwoze  

“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”


Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me.


Esi Isak yra Yakob vɔ teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe xɔ me la, Esau gbɔ tso adegbea.


Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ.


Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.


Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ.


Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.


Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.


nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa?


“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me.


Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.


Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.


dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo; dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite