Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:11 - Agbenya La

11 Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye wòʋu le anyigba sia dzi yi ɖe Asur, eye wotso Niniwe, Rexobot-Ir, Kalax

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:11
17 Referans Kwoze  

Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.


Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.


“Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”


Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. Sela


Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene.


Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”


Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.


Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”


“Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu.


“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.


Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.


wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.”


Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma.


Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.”


ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo. Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!”


kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite