Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:10 - Agbenya La

10 Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eƒe fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖoɖo enye Babel, Erek, Akad kple Kalne le Sinear-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:10
16 Referans Kwoze  

Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.


Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o.


O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.


Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia,


Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”


Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.


Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?


Yehowa be, “Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod. Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò.


Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya.


Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.


‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene, eye Samaria abe Damasko ene oa?


Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”


“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”


Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:


“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite