Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:9 - Agbenya La

9 Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:9
17 Referans Kwoze  

Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi.


Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.”


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.


Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o. Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me eye wògatsana yia atsiaƒu la me.


Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.


Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi eye wòde mama kekeli kple viviti dome.


eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!


eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.


Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.


Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.


Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite