Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 4:12 - Agbenya La

12 Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 4:12
15 Referans Kwoze  

Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o.


Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me.


Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.


Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe,


Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.


Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite