Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 3:4 - Agbenya La

4 Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 elabena esime mienɔ mia gbɔ la, miegblɔe ɖi na mi bena, miaɖo xaxa me tsã, abe alesi wòva ve me, eye mienyae hã la ene.

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 3:4
12 Referans Kwoze  

Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.


Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.


Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.


Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!


Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?


Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite