Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 1:4 - Agbenya La

4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena, nɔvi, siwo Mawu lɔ̃na la, mienya miaƒe tiatia la;

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 1:4
14 Referans Kwoze  

Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me.


Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o,


Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be, “Mayɔ ame siwo menye nye amewo o la be ‘nye amewo’; eye mayɔ ame siwo menye nye lɔlɔ̃tɔwo o la be ‘nye lɔlɔ̃tɔwo.’


Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo.


Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.


Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.


ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.


Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite