Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:9 - Agbenya La

9 Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke ne womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, woaɖe srɔ̃, elabena srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:9
8 Referans Kwoze  

Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.


gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.


Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃.


Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe.


Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu.


Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o.


Le esia ta la, mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyaʋunya wɔm alea gbegbe o.


eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite