Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:5 - Agbenya La

5 Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:5
11 Referans Kwoze  

Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”


Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.


Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko,


Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.


Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”


to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”


Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o.


Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.


Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite