Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me!