Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 4:9 - Agbenya La

9 Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena mele susum bena, Mawu tsɔ mí apostolowo wɔ mamletɔwo, abe amesiwo woɖo anyi na ku ene, elabena míezu nukpɔkpɔ na xexeame kple mawuɖɔlawo kple amewo siaa.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 4:9
21 Referans Kwoze  

Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti.


Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me.


ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo.


Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o.


Romasrafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o.


Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia.


Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.


Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ.


Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be makpɔ fukpekpe kple nuxaxa eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?


eye ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖe ko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã.


(Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite