Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 13:9 - Agbenya La

9 elabena míenya nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena mienyaa nu afã kple afã, eye miegblɔa nya ɖi afã kple afã.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 13:9
16 Referans Kwoze  

Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.


Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o.


Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.


Nunya sia wɔ nuku nam akpa, nyemate ŋu aɖo afi ma o, elabena ekɔkɔ nam akpa.


Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”


Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!


O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.


Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,


“Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?”


Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”


gake ne blibodede va la, ekema nu si mede blibo o la abu ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite