Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Zefania 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Baba na ɖu sẽto, si ƒo ɖi, eye wòsẽa ŋuta!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 “Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Zefania 3:1
17 Iomraidhean Croise  

Eyata ale Israel ƒe kɔkɔetɔ la gblɔ esi: Esi miedo vlo nya sia, eye mieɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ kple ayedzedze ŋu heziɔ ɖe eŋu la,


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Woƒe kawo mazu avɔ akpɔ o, eye womatsyɔ woƒe dɔwɔwɔwo o; woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔ vɔ̃ɖiwo, eye ŋutasesẽ le woƒe asiwò me.


Elabena wò ŋku kple wò dzi le viɖe kple ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖeanyi kple ŋutasesẽ kpakple fuwɔame ko ŋu.


Ke dzi dzeaglã sẽto li na dukɔ sia, wote ɖe aga helé woƒe mɔ tsɔ;


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ.


Alesi vudo dzia tsii la, nenema eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ le dzidzimee; wose nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋkɔ le eme; abideameŋu kple dodro le ŋkunye me ɖaa.


Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Nusiawo ava dziwò, le esi nèwɔ gbolo kple dukɔwo, eye nètsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò ta.


Emegbe woade eƒe avɔ eye wòanya fu le eŋu, atsɔ wo aƒu gbeɖe dzowɔteƒe le vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome.


Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan